Matthew 20

Lododo le wainbɔ me dɔwɔlawo ŋu

1Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe ŋu lae nye esi. “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. 2Eƒo asi kple apaɖilaawo eye wolɔ̃ bena wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi ɖadze dɔa gɔme.

3“Le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le dɔdiƒe aɖe wonɔ dɔ dim. 4Ekplɔ woawo hã yi eƒe agblea me, eye wòdo ŋugbe na wo bena yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkekea wu nu. 5Le ŋdɔ ga wuieve me la egaɖo ame bubuwo hã ɖe agblea me eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.

6“Ke esi fiẽ ga atɔ̃ ƒo la, egayi dua me eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔe. Ebia wo bena, ‘Nu ka tae mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔe ŋkeke bliboa?’

7“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’

“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’

8“Azɔ esi dɔwɔlawo ɖi bo la, agbletɔa yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agblea me mamlɛa la dzi. 9Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agblea me le ga atɔ̃ me la vɛ eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. 10Le esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ. Gake kpao, ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.

11“Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔa ŋu vevie gblɔ bena, 12‘Ame siawo la gaƒoƒo ɖeka pɛ koe wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ?’

13“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ bena ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa? 14Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame 15Ɖe wòtsi tre ɖe se ŋu be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku elabena mewɔ dɔmenyoa?’ 16Esia tae gbãtɔ azu mlɔetɔ eye mlɔetɔ azu gbãtɔ.”

Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi etɔ̃lia

(Marko 10:32-34; Luka 18:31-34)

17Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem eye esi wole mɔa dzi la eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo, 18hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo.

Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo eye woatso kufia nam.
19Woatsɔm ade asi na Roma dziɖuɖua eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la mafɔ.”

Zebedeo vi eveawo ƒe didi

(Marko 10:35-45)

20Eva eme be Zebedeo vi eveawo dadaa va Yesu gbɔ, dze klo ɖe ekɔme eye wòbiae be woawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.

21Yesu biae bena, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?” Nyɔnua ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.” 22Yesu gblɔ nɛ bena, “Mènya nu si biam nèle o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu eye wòbia wo be, “Miawo hã miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?”

Woɖo eŋu be, “Ẽ, míate ŋui.”

23Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala gake le anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me gome me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”

24Dɔme ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si Yakobo kple Yohanes yi ɖabia Yesu.

25Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒui ɖe eɖokui gbɔ, hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzii. 26Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔvi. 27Eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi. 28Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”

Gbedada ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu

(Marko 10:46-52; Luka 18:35-43)

29Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.

30Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose bena Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nublanui na mí!”

31Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao, fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu.

32Yesu tɔ eye woyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu kae miedi be mawɔ na mi?”

33Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”

34Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta etɔ asi woƒe ŋkuwo. Ŋkuawo ʋu enumake eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.

Copyright information for EweBEE